Matthew 9

Yesu da gbe le lãmetututɔ aɖe ŋu

(Marko 2:1-12; Luka 5:17-26)

1Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo de du me. 2Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ eya ta egblɔ na dɔnɔa be, “Vinye, wò dzi nedze eme elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”

3Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nɔ afi ma se nya siwo do le Yesu nu la gblɔ na wo nɔewo be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya.”

4Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me eya ta wòbia wo be, “Nu ka tae miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo? 5Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò,’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Ttsi tre nazɔ azɔli?’ 6Ke azɔ mafia mi bena ŋusẽ le nye Mesia la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake eye mada gbe le ame sia ŋu atsɔ aɖe ŋusẽ sia fia mi.” Esi wògblɔ nya sia vɔ la etrɔ ɖe dɔnɔ la gbɔ gblɔ nɛ bena, “Tsi tre nàŋlɔ wò aba ne nàzɔ ayi aƒeme!”

7Amea tsi tre enumake eye wofɔ eƒe nuwo heyi aƒeme.

8Nyateƒe vɔvɔ̃ gã aɖe dze ameha bliboa dzi elabena Yesu wɔ nukunu sia le woawo ŋutɔ ŋkume wokpɔ eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi amegbetɔ!

Mateo yɔyɔ

(Marko 2:13-17; Luka 5:27-32)

9Esi Yesu nɔ tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la ŋu wònɔ afi si wodzɔa duga lena. Yesu yɔe gblɔ nɛ bena, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la.” Mateo tso enumake eye wòdze Yesu yome.

10Gbe ma gbe fiẽ la, Mateo kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le ye gbɔ. Dugadzɔlawo kple ame baɖa bubuwo hã nɔ amekpekpeawo dome.

11Faristitɔwo kpɔ esia ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo bena, “Nu ka ta miaƒe nufiala dea ha kple ame tovowo abe esiawo ene?”

12Yesu se nya la eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe. 13Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi ke menye vɔsa o.’ Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo.”

Wobia nya Yesu le nutsitsidɔ ŋuti

(Marko 2:18-22; Luka 5:33-39)

14Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae bena, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si mí kple Faristɔwo míewɔna ene o?”

15Yesu hã bia wo bena, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ. Eye le ɣemaɣi me la woagbe nuɖuɖu àtsi nu adɔ.

16“Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu. 17Nenema ke womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeyea ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la awo eye ahaa kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie.”

Yairo vinyɔnuvi kple nyɔnu si le ʋusisidɔ lém

(Marko 5:21-43; Luka 8:40-56)

18Le esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va egbɔ va dze klo ɖe eŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu bena, “Vinye nyɔnuvi ku fifi laa gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko.”

19Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta amegã la ƒeme enumake. 20Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to, 21elabena egblɔ le eɖokui me bena, “Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la nye lãme asẽ.”

22Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ bena, “Vinyɔnuvi wò dzi nedze eme! Wò xɔse la da gbe le ŋuwò.” Tso gbe ma gbe ko la nyɔnua ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ.

23Esi Yesu va ɖo amegã la ƒeme la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim. 24Yesu gblɔ bena, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.” Ame siwo se nya sia la, ɖu fewu le eŋu eye ɖewo hã koe.

25Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wotsɔ ɖevia mlɔe eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvia nyɔ enumake, eti kpo ɖi le aba la dzi eye eƒe lãme se. 26Nukunu sia kaka ɖe nuto bliboa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe.

Yesu da gbe le ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ŋu

27Le esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom bena, “O, Fia David Vi la, kpɔ nublanui na mí.”

28Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo, tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo bena, “Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, Aƒetɔ.”

29Ale Yesu tɔ asi woƒe ŋkuwo hegblɔ bena, “Ava eme na mi abe alesi miexɔe se ene.”

30Enumake woƒe ŋkuwo ʋu eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o. 31Ke ameawo mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o ke boŋ esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wò wɔ na wo la eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du bliboa me.

Gbedada le aɖetututɔ aɖe ŋu

32Esi Yesu nɔ dzodzom le afi ma la, wokplɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ eye metea ŋu ƒoa nu o la, vɛ nɛ. 33Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le amea me eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, womekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o.

34Ke Farisitɔwo ya gblɔ bena, “Nu si ta wòte ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃woe nye be, Satana si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la le eya ŋutɔ me.”

Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ na ame

35Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le ŋuto ma me la me kpe ɖo, enɔ mawunya gblɔ le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo eye wònɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la hã. Eye afi sia afi si wòyi la, eda gbe le dɔ vovovo lelawo ŋu. 36Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo ke womenya nu si woawɔ o. Ɖe ko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene.

37Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Agblemenukuawo sɔ gbɔ ŋutɔ gake dɔwɔlawo mesɔ gbɔ kura o! 38Eya ta mibia agbletɔa be wòadɔ dɔwɔla geɖewo ɖa be woawɔ dɔ le eƒe agblewo me.”

Copyright information for EweBEE